INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwyp nyati 41
  • Aleke Mawɔ Aɖu Nye Dziku Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Aɖu Nye Dziku Dzi?
  • Sɔhɛwo Biana Be
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dodokpɔ
  • Nu si ta wòle vevie
  • Nu si nàte ŋu awɔ
  • Ale Si Nàɖu Wò Dziku Dzi
    Nyɔ!—2015
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzikudodo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nukata Wòle Be Nàɖu Dzikudodo Dzi?
    Nyɔ!—1997
  • Míaƒe Seselelãmewo
    Nyɔ!—2019
Kpɔ Bubuwo
Sɔhɛwo Biana Be
ijwyp nyati 41
1. Dziɖeɖi; 2. Dziku; 3. Dɔmedzoe, dze le ŋutsuvi aɖe ƒe mo

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Aɖu Nye Dziku Dzi?

  • Dodokpɔ

  • Nu si ta wòle vevie

  • Nu si nàte ŋu awɔ

  • Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Dodokpɔ

  • Ðe nèdoa dziku kabakaba?

    • kura o

    • ɣeaɖewoɣi

    • gbe sia gbe

  • Aleke gbegbe wò dzikua nu sẽnae?

    • enu mesẽna tututu o

    • enu sẽna vie

    • enu sẽna ŋutɔ

  • Ame ka ŋue nèdoa dziku ɖo?

    • dzinyela

    • nɔvinye

    • xɔ̃nye

Ne èkpɔe be ehiã be nàɖu wò dziku dzi la, nyati sia akpe ɖe ŋuwò. Gbã la, kpɔ susu siwo tae wòle be nàlé ɖokuiwo kpoo ne wodo dziku na wò ɖa.

Nu si ta wòle vevie

Wò lãmesẽ. Lododowo 14:30 gblɔ be: “Dzi fatu naa agbe ametia.” Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Dzikudodo ate ŋu ana ame nakpɔ dzi kple ʋuka me dɔwo.”—Journal of Medicine and Life.

Xɔ̃wòwo. Biblia gblɔ be: “Mègade ha kple dɔmedzoetɔ o, eye mègado ka kple dzikutɔ o.” (Lododowo 22:24) Eya ta ne èdoa dziku kabakaba la, megawɔ nuku na wò ne amewo melɔ̃na dea ha kple wò o. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Jasmine gblɔ be: “Ne mèɖua wò dziku dzi o la, xɔlɔ̃ nyuiwo manɔ asiwò o.”

Ale si wonya wòe. Ethan si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Ne èdoa dziku kabakaba la, amewo ava nyae na wò eye woanɔ buwòm dzikumee.” Bia ɖokuiwò be, ‘Aleke medi be amewo nabum—ŋutifafame loo alo ame si dudua eƒe dziku kɔna ɖi bababa?’ Biblia gblɔ be: “Ame si medoa dziku kabakaba o la, nugɔmesese bɔ ɖe esi, ke ame si megbɔa dzi ɖi o la ɖea eƒe bometsitsi fiana.”—Lododowo 14:29.

Ŋutsuvi aɖe si do dziku la ƒe xɔlɔ̃wo he ɖa le eŋu

Ame aɖeke medina be yeade ha kple ame si ɖea eƒe dziku ƒona ɖi bababa o

Nu si nàte ŋu awɔ

Kpɔ mawunyakpukpui siawo kple nya siwo amewo gblɔ la ɖa eye nàbia nya siwo le afi sia la ɖokuiwò.

  • Lododowo 29:22: “Dɔmedzoetɔ hea dzre vɛ; eye dzikutɔ daa vo geɖe.”

    “Esi menye sɔhɛ dzaa la, esesẽna nam ŋutɔ be maɖu nye dziku dzi. Kuxi sia ke le fofonye ƒe ƒometɔwo hã ŋu. Míeyɔnɛ be ƒomenu. Esesẽna na mí ŋutɔ be míaɖu míaƒe dziku dzi!”​—Kerri.

    Ðe medoa dziku veviea? Ne evivia nunye ne wokafum ɖe nye nɔnɔme nyuiwo ta ɖe, ɖe wòanyo be maɖe ɖokuinye nu be nye nɔnɔme gbegblẽwo ya la ƒomenue wonye nama?

  • Lododowo 15:1: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu, ke gbedaɖeamegbɔ nana dɔmedzoe flana.”

    “Nu vevitɔe nye be nàsrɔ̃ ale si nàɖu ɖokuiwò dzi. Ne ètu nɔnɔme fatuwo ɖo eye wò susu nɔa nu nyuiwo ŋu la, masesẽ na wò be nàɖu dzikudodo dzi o.”​—Daryl.

    Ne medo dziku la, nu ka tae wòle vevie be malé ŋku ɖe afɔ gbãtɔ si maɖe ŋu?

  • Lododowo 26:20: “Ne nake meli o la, dzo tsina.”

    “Ne meɖo nya ŋu nyuie la, enana ame kemɛa ƒe dzi fana eye míetea ŋu ɖoa dze le dziɖeɖi me.”​—Jasmine.

    Aleke nye nuƒoƒo alo nye nuwɔna ate ŋu ana dziku nafla?

  • Lododowo 22:3: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.”

    “Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko medzona le teƒea eye menaa ɣeyiɣi ɖokuinye be mabu nu si dzɔa ŋu ale be mate ŋu akpɔ nyaa gbɔ nyuie.”​—Gary.

    Ɣekaɣie wòanyo be nàdzo ne ame aɖe na wò dzi ho, evɔ mana wòadze be èdo lãtɔ amea o?

  • Yakobo 3:2: “Mí katã míedaa vo zi geɖe.”

    “Ele be míase veve ɖe vo siwo míeda ta eye ele be míasrɔ̃ nu tso wo me hã. Ele be míaɖɔ vo siwo míeda la ɖo kaba eye míaɖoe be míawɔ nu si nyo wu ɣebubuɣi.”​—Kerri.

Aɖaŋuɖoɖo: Ðo taɖodzinu na ɖokuiwò. Ðoe kplikpaa be yeaɖu ye ɖokui dzi hena ɣeyiɣi aɖe—ɖewohĩ hena ɣleti ɖeka. Nɔ ale si nuwo le yiyim la ŋlɔm ɖi eye nàde dzesi wò ŋgɔyiyiwo.

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

Alyssa

“Tsã la, mesusuna be ame siwo ɖea asi le nya ŋu eye womedoa dziku o la nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo; fifia mekpɔe dze sii be ɖokuibɔbɔlawoe wonye. Ðokuibɔbɔ nye nɔnɔme vevitɔ siwo wòle be míatu ɖo la dometɔ ɖeka. Menɔa bɔbɔe be ame naɖu eɖokui dzi be yemado dziku o, gake viɖe geɖe le ewɔwɔ me!”​—Alyssa.

Erik

“Ne megbɔ yi eme ʋĩi la, ekpena ɖe ŋunye mebua nuwo ŋu hafi ɖea afɔ ale be nyemawɔ naneke si ava vem emegbe o. Dzikudodo mekplɔa ame yia afi aɖeke o. Ðeko wògblẽa nyaa ɖe edzi.”​—Erik.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe