Nu Kae Nye “Ŋkeke Mamlɛawo” Alo “Nuwuɣi” La Ƒe Dzesi?
Ale si Biblia ɖo eŋui
Biblia gblɔe ɖi be nudzɔdzɔ kple nɔnɔme aɖewo anye dzesi be míele “nuɖoanyi [sia] ƒe nuwuɣi” alo ɣeyiɣi siwo ado ŋgɔ na “xexea me ƒe nuwuwu” la me. (Mateo 24:3; Eʋegbe Biblia) Biblia yɔ ɣeyiɣi sia be “ŋkeke mamlɛawo,” “nuwuwu ƒe ɣeyiɣi,” alo “nuwuɣi” la.—2 Timoteo 3:1; Daniel 8:19; Eʋegbe Biblia.
Nu siwo Biblia gblɔ ɖi be woava eme le “ŋkeke mamlɛawo” me la dometɔ aɖewo ɖe?
Biblia gblɔe ɖi be nu vovovowo adzɔ le ɣeyiɣi ɖeka me siwo anye ŋkeke mamlɛawo ƒe “dzesi.” (Luka 21:7) Wo dometɔ aɖewoe nye esi:
Aʋa adzɔ le teƒe vovovowo. Yesu gblɔe ɖi be: “Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.” (Mateo 24:7) Nenema kee wogblɔe ɖi le Nyaɖeɖefia 6:4 be kpɔɖeŋu sɔdola aɖe, si le tsitre ɖi na aʋawɔwɔ la, ado eye “wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi.”
Dɔwuame. Yesu gblɔe ɖi be: “Nuɖuɖu ave.” (Mateo 24:7) Wogblɔe ɖi le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me hã be kpɔɖeŋu sɔdola bubu aɖe ado, si ana dɔ nato le teƒe vovovowo.—Nyaɖeɖefia 6:5, 6.
Anyigbaʋuʋu sesẽwo. Yesu gblɔ be “anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo.” (Mateo 24:7; Luka 21:11) Anyigbaʋuʋu sesẽ siawo adzɔ le xexea ƒe akpa vovovowo eye woana ame geɖe nakpe fu eye ame gbogbowo aku.
Dɔléle. Yesu gblɔ be dɔléle manyatalenuwo alo “dɔvɔ̃wo” ado.—Luka 21:11.
Nu vlo wɔwɔ. Togbɔ be amewo wɔa nu vlowo tso ɣeaɖeɣi ke hã la, Yesu gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo me la, ‘sedzimawɔmawɔ adzi ɖe edzi.’—Mateo 24:12.
Amewo agblẽ anyigbaa. Wogblɔe ɖi le Nyaɖeɖefia 11:18 be amegbetɔwo anɔ “anyigba la gblẽm.” Woawɔ esia le mɔ vovovowo nu; menye ŋutasẽnuwo kple nu fitifitiwo ko woawɔ o, woagblẽ dzɔdzɔmenu siwo le anyigbaa dzi la hã dome.
Amewo ƒe agbenɔnɔ anɔ gbegblẽm ɖe edzi. Le 2 Timoteo 3:1-4 la, Biblia gblɔe ɖi be ame geɖe anye “ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, . . . ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo.” Nɔnɔme siawo ado gã ɖe edzi ale gbegbe be woayɔ ɣeyiɣi ma be ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ.’
Ƒomewo agbã. Le 2 Timoteo 3:2, 3 la, Biblia gblɔe ɖi be ame geɖe anye “ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o” le ƒomewo me eye ɖeviwo hã ‘maɖoto wo dzilawo o.’
Ame geɖe magalɔ̃ Mawu o. Yesu gblɔe ɖi be: “Ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to.” (Mateo 24:12) Nu si Yesu wɔnɛ yenye be ame geɖe magalɔ̃ Mawu o. Nenema kee 2 Timoteo 3:4 gblɔ be le ŋkeke mamlɛawo me la, ‘amewo alɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu.’
Alakpanuwɔwɔ le mawusubɔsubɔ me. Le 2 Timoteo 3:5 la, Biblia gblɔe ɖi be amewo agblɔ be yewonye mawusubɔlawo gake womanɔ agbe abe ale si Mawu dii ene o.
Biblia me nyagblɔɖiwo me agakɔ ɖe edzi. Daniel ƒe agbalẽa gblɔe ɖi be le ‘nuwuɣia’ la, ame geɖe asrɔ̃ Biblia me nyateƒea, eye woase nyagblɔɖi siwo le eme la gɔme nyuie wu.—Daniel 12:4, etenuŋɔŋlɔ.
Woaɖe gbeƒã le xexea me katã. Yesu gblɔe ɖi be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.”—Mateo 24:14.
Ðekematsɔleme kple fewuɖuɖu abɔ. Yesu gblɔe ɖi be ame geɖe matsi dzi ɖe dzesi si ɖo kpe edzi kɔtɛ be míele nuwuɣia me la ŋu o. (Mateo 24:37-39) Esi gavloe nye be 2 Petro 3:3, 4 gblɔe ɖi be ame aɖewo aɖu fewu agblɔ be dzesia mefia naneke o eye womatsɔ ɖeke le eme o.
Nyagblɔɖiwo katã ava eme. Yesu gblɔ be nyagblɔɖiawo katã ava eme le ɣeyiɣi ɖeka me, menye nyagblɔɖia ƒe ɖewo alo geɖe gɔ̃ hã o, eye esia ana míakpɔe be míele ŋkeke mamlɛawo me.—Mateo 24:33.
“Ŋkeke mamlɛawo” mee míelea?
Ɛ̃. Xexea me nudzɔdzɔwo kple Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu ɖee fia be ŋkeke mamlɛawo dze egɔme tso ƒe 1914 me; ƒe ma mee Xexemeʋa Gbãtɔ dzɔ. Kpɔ video sia be nàde dzesi ale si nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me la ɖo kpe edzi be míele ŋkeke mamlɛawo me:
Le ƒe 1914 me la, Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu le dziƒo. Nu siwo wòwɔ gbã dometɔ ɖekae nye be enya Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le dziƒo eye anyigba dzi koe wòɖe mɔ na wo be woakpɔ ŋusẽ ɖo. (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Ale si amewo ƒe nuwɔna kple nɔnɔmewo gblẽe la na wòdze kɔtɛ be Satanae le ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi, eye esia wɔe be ŋkeke mamlɛawo nye ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ.’—2 Timoteo 3:1.
Nu te ɖe ame geɖe dzi le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Wotsi dzi ŋutɔ elabe amewo menya ale si woanɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me o. Ame aɖewo vɔ̃na gɔ̃ hã be amegbetɔwo awu wo nɔewo keŋkeŋ le anyigba dzi.
Ame bubuwo li siwo hã tsi dzi ɖe ale si nɔnɔmeawo gblẽ le xexea me ŋu, gake mɔkpɔkpɔ le wo si be nuwo ava nyo. Woka ɖe edzi be madidi o, Mawu Fiaɖuƒea aɖe kuxi siwo katã le xexea me ɖa. (Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Wogbɔ dzi ɖi le Mawu sinu kpɔm be wòawɔ eƒe ŋugbedodowo dzi, eye woƒe dzi dzea eme ne woxlẽ Yesu ƒe nya siwo nye be: “Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.”—Mateo 24:13; Mika 7:7.