INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 114
  • Ðe “Nu Vɔ̃ Adre” Aɖewo Li Siwo Wua Amea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe “Nu Vɔ̃ Adre” Aɖewo Li Siwo Wua Amea?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Nu Kae Nye Nu Vɔ̃?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mawu Si ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Nu Vɔ̃ Me Ʋuʋu Mawu Ƒe Nudidi Yea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ðe Míeŋlɔ Nu Si Nu Vɔ̃ Nye Bea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 114
Ŋutsu aɖe si ƒo dzi ɖe le

Ðe “Nu Vɔ̃ Adre” Aɖewo Li Siwo Wua Amea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Biblia meyɔ “nu vɔ̃ adre” aɖewo koŋ be wowua ame o. Gake Biblia fia nu be ne ame tsɔ nu vɔ̃ gãwo wɔwɔ ɖo dɔe la, esia ate ŋu awɔe be makpɔ agbe o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso nu vɔ̃ gãwo abe gbɔdɔdɔ manɔsenu, trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, dɔmedzoedodowo, kple ahamumu ene ŋu be wonye “ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo.” Eye wògblɔ kpee be: “Ame siwo wɔa nu siawo la, womanyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.”​—Galatiatɔwo 5:​19-​21.a

Ðe Biblia megblɔ be ‘nu adre nye ŋunyɔ’ na Mawu oa?

Ɛ̃, Biblia gblɔe. Lododowo 6:16 gblɔ be: “Nu adee Yehowa lé fui; ɛ̃, nu adree nye ŋunyɔ nɛ.” Gake menye nu adre siwo woyɔ le Lododowo 6:17-19 la ɖeɖe koe nye nu vɔ̃ siwo nyɔa ŋu na Mawu o. Ke boŋ nu siwo woyɔ le afi ma la nye nu vɔ̃ ƒe hatsotso vovovo siwo lɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ɖe eme; abe esiwo kuna ɖe míaƒe nuƒoƒo, nuwɔna, kple nuŋububu ŋu ene.b

Nu kae nyagbɔgblɔ “nu vɔ̃ si wua ame” fia?

Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo zã nya sia le 1 Yohanes 5:16. Le kpɔɖeŋu me, The New American Bible ɖe egɔme be: “Nu vɔ̃ aɖe li si wua ame.” Woagate ŋu aɖe nya si gɔme woɖe be ‘nu vɔ̃ si wua ame’ la gɔme be “nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me.” Vovototo kae le “nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me” kple “nu vɔ̃ si mekplɔa ame yia ku me o” dome?​—1 Yohanes 5:16.

Biblia na eme kɔ ƒãa be nu vɔ̃ ɖe sia ɖe hea ku vɛ. Ke hã, woate ŋu ato Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Eya ta “nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me” nye nu vɔ̃ si womate ŋu anɔ te ɖe Kristo ƒe tafea dzi atsɔ ake ame o. Woate ŋu agblɔ tso ame si ɖoe koŋ tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe, eye wogbe be yematrɔ yeƒe nɔnɔme alo agbenɔnɔ gbeɖe o la ŋu be ele nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me wɔm. Biblia gagblɔ hã be ne ame wɔ nu vɔ̃ sia ƒomevi la “womatsɔe akee o.”​—Mateo 12:31; Luka 12:10.

Afi kae nu vɔ̃ adre siwo wua ame ƒe nyaa dzɔ tso?

Le gɔmedzedzea me la, nu vɔ̃ gã enyi aɖewo koŋ mee woɖe “nu vɔ̃ adre siwo wua ame” la tsoe. Vivimenyawo ŋuti nunyala Evagrius Ponticus ye ɖe nu vɔ̃ enyi siawo ɖe go zi gbãtɔ le ƒe alafa enelia Kristotɔwo Ŋɔli, eye emegbe mawusubɔsubɔ ƒe saɖeagaxɔmenɔla John Cassian hã va ŋlɔ nu tso eŋu. Le ƒe alafa adelia me la, Papa Gregory Gbãtɔ trɔ nu vɔ̃ enyi siwo ŋu aƒetɔ Cassian ŋlɔ nu tsoe la wòzu nu vɔ̃ gã adre, alo nu vɔ̃ adre siwo wua ame, eye esia va zu Katolikohaa ƒe nufiafia vevi aɖe. Nu vɔ̃ adre siawoe nye: dada, ŋukeklẽ, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃, ŋubiã, nu tsu ɖuɖu, dɔmedzoedodo, kple kuviawɔwɔ. Papa Gregory bu nu vɔ̃ siawo be wo mee nu vɔ̃ bubu geɖewo dona tsoe, eya tae wòyɔ wo be nu vɔ̃ gãwo ɖo.

a Menye nu vɔ̃ 15 siwo woyɔ le Galatiatɔwo 5:​19-​21 la ɖeɖe koe nye nu vɔ̃ gãwo o, elabena esi Biblia yɔ wo vɔ la, egblɔ kpee be “kple nu siawo tɔgbi.” Esia bia be nuxlẽlaa nazã eƒe nugɔmesese atsɔ ade dzesi nu vɔ̃ siwo le abe ‘esiawo tɔgbi’ ene.

b Lododowo 6:​16 nye Hebrigbe me adagana siwo me wozãa xexlẽdzesi eve le hetsɔa evelia tea gbe ɖe gbãtɔ dzi la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko. Wozãa adagana siawo ƒomevi le Ŋɔŋlɔawo me zi geɖe.—Hiob 5:19; Lododowo 30:15, 18, 21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe