INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 119
  • Ame Kae Alo Nu Kae Nye Mawu Ƒe Nya La?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Alo Nu Kae Nye Mawu Ƒe Nya La?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Nu Ka Tae Woyɔa Yesu Be Mawu Ƒe Vi?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Fofo la, Vi la, Kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋuti Nyateƒea Ŋutɔŋutɔ
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Amekae Yesu Kristo Nye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Amekae Nye Yesu Kristo?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 119
Yesu lé agbalẽxatsaxatsa ɖe asi hele nu ƒom

Ame Kae Alo Nu Kae Nye Mawu Ƒe Nya La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Zi geɖe la, nyagbɔgblɔ “Mawu ƒe nya” fiaa Mawu ƒe gbedeasi alo nya siwo wògblɔ. (Luka 11:28) Wozãa “Mawu Ƒe Nya” alo “Nya La” le teƒe ʋɛ aɖewo wònyea dzesideŋkɔ.​—Nyaɖeɖefia 19:13; Yohanes 1:14.

Mawu ƒe gbedeasi. Nyagblɔɖilawo gblɔna zi geɖe be gbedeasi siwo yewogblɔna la nye Mawu ƒe nya. Le kpɔɖeŋu me, Yeremiya dze eƒe nyagblɔɖi gbedeasia gɔme be, “Yehowa ƒe gbe va nam.” (Yeremiya 1:4, 11, 13; 2:1) Hafi nyagblɔɖila Samuel nagblɔ na Saul be Mawu tiae be wòanye fia la, nyagblɔɖilaa gblɔ be: “Tɔ ne magblɔ Mawu ƒe gbe na wò.”​—1 Samuel 9:27.

Dzesideŋkɔ. Biblia zã “Nya la” wònye dzesideŋkɔ na Yesu Kristo esime wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ le dziƒo kple esime wònye amegbetɔ nɔ anyigba dzi. Kpɔ susu siwo tae míate ŋu aƒo nya ta alea ɖo la ɖa:

  • Nya la nɔ agbe do ŋgɔ na nuwɔwɔ bubuwo katã. “Le gɔmedzedzea me, Nya la li, . . . Ame sia nɔ anyi kple Mawu le gɔmedzedzea me.” (Yohanes 1:1, 2) Yesue nye “nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ . . . Etre dzɔdzɔ na nu bubuwo katã hã.”​—Kolosetɔwo 1:13-15, 17.

  • Nya la va anyigba dzi abe amegbetɔ ene. “Nya la va zu amegbetɔ, enɔ mía dome.” (Yohanes 1:14) Kristo Yesu ‘ɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme heva zu amegbetɔ.’​—Filipitɔwo 2:5-7.

  • Nya la nye Mawu ƒe Vi. Esi apostolo Yohanes gblɔ be “Nya la va zu amegbetɔ” vɔ la, eyi edzi be: “Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si le abe tenuvi ƒe ŋutikɔkɔe tso fofoa gbɔ ene.” (Yohanes 1:14) Yohanes gaŋlɔ hã be: “Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi la.”​—1 Yohanes 4:15.

  • Mawu ƒe nɔnɔmewo le Nya la si. “Nya la nye mawu aɖe.” (Yohanes 1:1) Yesu “ɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fia eye wònye eƒe amenyenye ƒe nɔnɔme pɛpɛpɛ.”​—Hebritɔwo 1:2, 3.

  • Nya la nye fia. Biblia gblɔ be “fiakuku geɖewo le ta” na Mawu ƒe Nya la. (Nyaɖeɖefia 19:12, 13) Wogayɔ Nya la be “fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ.” (Nyaɖeɖefia 19:16) Woyɔ Yesu be ‘fiawo katã ƒe Fia kple aƒetɔwo katã ƒe Aƒetɔ.’​—1 Timoteo 6:14, 15.

  • Nya la nye Mawu ƒe nyanuɖela. Dzesideŋkɔ “Nya la” fia be Mawu toa ame si ŋu ŋkɔ ma le la dzi gblɔa eƒe gbedeasiwo kple mɔfiamewo. Yesu gblɔ be Mawu zãa ye aleae esi wògblɔ be: “Fofo si dɔm ɖa la ŋutɔe na nya si magblɔ kple ale si maƒo nui ƒe sem. . . . Eya ŋuti nya siwo megblɔna la, megblɔa wo abe ale si tututu Fofo la gblɔ wo nam ene.”​—Yohanes 12:49, 50.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe