INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwyp nyati 75
  • Nu Kae Mawɔ Ne Xɔ̃nye Wɔ Nu Wòvem?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Mawɔ Ne Xɔ̃nye Wɔ Nu Wòvem?
  • Sɔhɛwo Biana Be
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu si wòle be nànya
  • Nu si nàte ŋu awɔ
  • Nukatae Xɔ̃nye Do Nuxaxa Nam?
    Nyɔ!—2000
  • Nu Kae Nye Tsɔtsɔke?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Migaɖia “Ðevi Siawo” Nu O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Nukata Xɔlɔ̃wo Menɔa Asinye Didina O?
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Sɔhɛwo Biana Be
ijwyp nyati 75
Nyɔnuvi aɖe le nya aɖe gblɔm na nyɔnuvi bubu, si na wòdo dziku

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Mawɔ Ne Xɔ̃nye Wɔ Nu Wòvem?

  • Nu si wòle be nànya

  • Nu si nàte ŋu awɔ

  • Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Nu si wòle be nànya

  • Kuxi nɔa amegbetɔwo ƒe kadodo ɖe sia ɖe me. Esi míede blibo o ta la, xɔ̃wò vevi gɔ̃ hã ate ŋu agblɔ nya aɖe alo awɔ nu wòave wò. Eye anɔ eme be wò hã èwɔ nu wòve ame aɖe kpɔ.—Yakobo 3:2.

  • Internet dzi kadodowo ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be nu nate ɖe dziwò. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye David gblɔ be: “Ne xɔ̃wòwo yi pati aɖe eye woda eƒe fotowo ɖe Internet dzi nèkpɔ la, ate ŋu ana nàbia ɖokuiwò be nu ka tae womekpe ye ya o hã. Esia ate ŋu awɔe be nàse le ɖokuiwò me be womewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o eye nàlé blanui.”

  • Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàwɔ akpɔ kuxia gbɔ.

Nu si nàte ŋu awɔ

Dzro ɖokuiwò me. Biblia gblɔ be: “Mègayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsitsi ƒe dzesie wònye.”—Nyagblɔla 7:9, etenuŋɔŋlɔ.

“Ɣeaɖewoɣi la, àva kpɔe be nu si ta nèdo dziku la menye nu gã aɖeke wònye hafi o.”—Alyssa.

Bu nya sia ŋu: Ðe nu vena wò kabakaba? Ðe nàte ŋu adze agbagba ase nu gɔme na amewo geɖe wua?—Nyagblɔla 7:21, 22.

Bu viɖe siwo nàkpɔ ne ètsɔ ke la ŋu. Biblia gblɔ be: ‘Atsyɔ̃ wònye be woaŋe aɖaba aƒu agɔdzedze dzi.’—Lododowo 19:11.

“Ne tɔwò dzɔ be nàdo dziku hã la, anyo be nàtsɔ ake faa, si fia be mayi edzi anɔ ŋku ɖom nu si amea wɔ dzi nɛ o, eye màna wòanɔ kuku ɖem ɣesiaɣi ɖe eta o. Ne ètsɔe ke ko la, mègaƒo nu tso eŋu azɔ o.”—Mallory.

Bu nya sia ŋu: Ðe nu si dzɔ la nye nu gã nenema gbegbea? Ðe nàte ŋu atsɔe ake be ŋutifafa nanɔ anyia?—Kolosetɔwo 3:13.

Ya sesẽ ƒo ɖo xɔ aɖe me eye wòkaka nuwo

Ne èyia edzi ƒoa nu tso kuxi ɖe sia ɖe si ɖo wò kple xɔ̃wò dome va yi ŋu la, ɖeko wòanɔ abe èdzra xɔ aɖe me ɖo nyuie vɔ gake ègaʋua ʋɔtrua eye ya sesẽ ƒona va kakaa nuwo le xɔa me ene

Bu xɔ̃wòa ŋu. Biblia gblɔ be: ‘Miganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke midi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—Filipitɔwo 2:4.

“Ne èlɔ̃ xɔ̃wòa eye nèdea bubu eŋu la, esia ana nàdi vevie be yewoakpɔ yewoƒe kuxia gbɔ kaba, elabe ame vevi aɖee wònye na wò. Èdze agbagba geɖe hafi mia dome va le kplikplikpli, eya ta màdi be yewo dome nagblẽ o.”—Nicole.

Bu nya sia ŋu: Ðe nàte ŋu akpɔ susu nyuiwo le xɔ̃wòa hã ƒe nyawo mea?—Filipitɔwo 2:3.

Nya vevitɔ: Ne èsrɔ̃ ale si nàɖu ɖokuiwò dzi ne ame aɖe wɔ nu wòve wò la, esia aɖe vi na wò ne èva tsi. Ðe manyo be nàdze ewɔwɔ fifia oa?

Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Kiana

“Menye nya sia nya gbɔe wòle be nàkpɔ o. Ne mebu nyaa ŋu eye mekpɔe be mate ŋu aɖe asi le eŋu la, mewɔnɛ nenema. Esia wɔnɛ be ŋutifafa nɔa anyi, tsɔ wu be matsi dzi ɖe nu sue ɖe sia ɖe si ame aɖe awɔ ɖe ŋunye la ŋu.”—Kiana.

Treigh

“Ɣesiaɣi si nane dzɔ la, mebiaa ɖokuinye be, ‘Ðe nya sia nye nu gã nenema gbegbe be wòagblẽ nye kple xɔ̃nyea domea?’ Ɣesiaɣi kloe la, ŋuɖoɖoa nyena ao.”—Treigh.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe