INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwex nyati 3
  • Wotɔ Hena Kpekpeɖeŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wotɔ Hena Kpekpeɖeŋu
  • Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lɔrifɔti—Ate Ŋu Akpɔ Wò Agbe Ta!
    Nyɔ!—2004
  • “Míawoe Nye Esi! Midɔ Mí!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • ‘Mègana Ðeɖi Nate Ŋuwò O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • “Minɔ Te Sesĩe, Maʋamaʋã”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
ijwex nyati 3
Bob nɔ eƒe bunɔkeke me le mɔ to esime Ðasefo sɔhɛawo le eƒe ʋufɔtia ɖɔlim

Wotɔ Hena Kpekpeɖeŋu

Gbe ɖeka esime yame fa miamiamia eye ya nɔ ƒoƒom la, Bob nɔ ʋu kum sesĩe anɔ abe kilometa 100 le gaƒoƒo ɖeka me ene le Alberta, Canada, esi eƒe ʋua ƒe megbefɔti miametɔ wó kpoo. Esi nu sia dzɔ teti la, Bob menya be yeƒe ʋufɔtia ye wó o, eya ta eɖoe be yeayi kilometa atɔ̃ ƒe mɔ si le ye ŋgɔ la zɔzɔ dzi aɖo aƒe me.

Bob ɖe nu si dzɔ kplɔe ɖo la me le lɛta aɖe si wòŋlɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe si le nutoa me la me. Eŋlɔ le lɛtaa me be: “Sɔhɛ atɔ̃ aɖewo ku woƒe ʋu va nɔ akasanu kplim eye woʋu woƒe fesrea hegblɔ nam be nye ʋufɔtia wó. Míetɔ míaƒe ʋuawo eye wogblɔ be yewoaɖɔli ʋufɔtia nam. Nyemenya nenye be ʋufɔti bubu alo dɔwɔnu si matsɔ aɖɔli ʋufɔtia nɔ asinye gɔ̃ hã o. Esime menɔ nye bunɔkekea me le mɔa to la, woyi ʋua te eye wokpɔ ʋufɔti bubu kple dɔwɔnu si woatsɔ aɖɔlii, eye woɖɔli ʋufɔtia. Yame fa miamiamia eye sno nɔ dzadzam. Togbɔ be wodo awu nyuiwo hã la, wodze agbagba ɖɔli ʋufɔtia eye mete ŋu yi ʋua kuku dzi. Anye ne nyemate ŋu awɔ nu sia le ɖokuinye si o.

“Meda akpe na Ðasefo sɔhɛ atɔ̃ siwo kpe ɖe ŋunye. Ðe wonɔ nutoa me nɔ gbeƒã ɖem na amewo le woƒe aƒewo me. Sɔhɛ siawo nɔa agbe ɖe nu si wofiana nu vavã. Woawo manɔmee la, makpam kura o eye magblẽ ɣeyiɣi ŋutɔ, eya ta mekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe kpekpeɖeŋua ŋu ale gbegbe. Ame kae nya be Mawu adɔ sɔhɛ mawo be woava xɔ nam le mɔa dzi gbe ma gbe?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe