INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbv nyati 55
  • Yeremiya 33:3—“Yɔm, Ekema Matɔ Na Wò”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yeremiya 33:3—“Yɔm, Ekema Matɔ Na Wò”
  • Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu si Yeremiya 33:3 fia
  • Nya siwo ƒo xlã Yeremiya 33:3
  • Ðe Nèbiana Gbe Sia Gbe Be, “Afi Ka Yehowa Le” Hã?
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • Ame Kawo Ƒomevie Nàdi Be Yeadze Xɔlɔ̃e?
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • “Metsɔ Nye Nyawo Le Nuwò Dem”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • “Mafa Dzi Na Luʋɔ Siwo Ŋu Nu Te”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
Kpɔ Bubuwo
Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe
ijwbv nyati 55

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Yeremiya 33:3—“Yɔm, Ekema Matɔ Na Wò”

“Yɔm, ekema matɔ na wò, eye magblɔ nu gã siwo gɔme womate ŋu ase o, eye mènya o la, na wò.”—Yeremiya 33:3, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

“Yɔm eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!”—Yeremiya 33:3, Agbenya La.

Nu si Yeremiya 33:3 fia

Mawu gblɔ nya siawo tsɔ le amewo kpem be woado gbe ɖa na ye. Ne wowɔ ɖe amekpekpea dzi do gbe ɖa na Mawu la, ana woanya nu siwo ava dzɔ le etsɔme.

“Yɔm, ekema matɔ na wò.” Nya, “yɔm” si wozã le afi sia mefia be woanɔ ɣli dom anɔ Mawu ƒe ŋkɔ yɔm dzro ko o. Ke boŋ efia be ame nanɔ gbe dom ɖa anɔ Mawu biam be wòakpe ɖe ye ŋu eye wòafia mɔ ye.—Psalmo 4:1; Yeremiya 29:12.

Anɔ eme be blema Israel-dukɔae nya siawo yi na. Womewɔ nuteƒe na Mawu o. Babilon-srafowo va ɖe to ɖe dua. (Yeremiya 32:1, 2) Eya ta Yehowaa nɔ Israel-viwo kpem be woatrɔ ɖe ye ŋu ado gbe ɖa na ye.

“Magblɔ nu gã siwo gɔme womate ŋu ase o, eye mènya o la, na wò.” Nu siwo Mawu do ŋugbe be yeagblɔ la nye nu siwo gɔme “womate ŋu ase o,” le mɔ sia nu be amegbetɔwo mate ŋu anya nu mawo le wo ɖokui si gbeɖegbeɖe o. Nya, “nu . . . siwo gɔme womate ŋu ase o” agate ŋu afia “nu siwo le ɣaɣla.”

Nu kawoe nye “nu siwo le ɣaɣla” siwo Mawu aɖe afia? Woawoe nye nu siwo ava dzɔ le etsɔme—ale si woatsrɔ̃ blemadu Yerusalem wòazu aƒedo, kple ale si woagbugbɔe atso amewo nagava nɔ eme. (Yeremiya 30:1-3; 33:4, 7, 8) Gake, Mawu do ŋugbe hã be womatsrɔ̃ yeƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo bliboa keŋkeŋ o.—Yeremiya 32:36-38.

Nya siwo ƒo xlã Yeremiya 33:3

Ƒe 608 D.Y., si nye Fia Zedekiya ƒe ƒe ewolia mee Nyagblɔɖila Yeremiya xɔ gbedeasi sia tso Yehowa gbɔ. Yeremiya gblɔe ɖi be woatsrɔ̃ Yerusalem eye woakplɔ Zedekiya ayi aboyo me. Esi gbedeasia medzɔ dzi na fia la o ta, ena wolé Yeremiya de gaxɔ me.—Yeremiya 32:1-5; 33:1; 37:21.

Nu siawoe nɔ dzɔdzɔm esime Mawu gblɔ nya siwo dze le Yeremiya 33:3. Nublanuitɔe la, Fia Zedekiya kple Israel-vi akpa gãtɔ do toku Mawu ƒe nyawo eye woyi edzi dze glã. (Yeremiya 7:26; 25:4) Womedo gbe ɖa na Mawu bia eƒe mɔfiame o. Ƒe ɖeka megbe la, woɖe Zedekiya le zi dzi, wotsrɔ̃ Yerusalem, eye wolé ame siwo tsi agbe la dometɔ akpa gãtɔ yi Babilon.—Yeremiya 39:1-7.

Nya siwo dze le Yeremiya 33:3 ɖo ŋku edzi na mí egbea be Mawu ate ŋu ana “eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ” nasu ame siwo doa gbe ɖa nɛ eye wosrɔ̃a eƒe Nya Biblia la si. Ate ŋu aɖe eƒe “nu goglowo” hã afia wo. (Kolosetɔwo 1:9; 1 Korintotɔwo 2:10) ‘Nu goglo’ siawo ƒe ɖee nye ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe etsɔme ŋu.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Xlẽ Yeremiya ta 33 le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe nusɔsrɔ̃tɔ si le yevugbe mea me. Ele bɔbɔe be nàxlẽ Biblia sia ase egɔme. Numeɖenyawo, mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii, nɔnɔmetatawo, videowo kple anyigbatatawo le eme. Eƒe odio hã li.

Kpɔ video kpui sia be nànya nu si ŋu Yeremiya ƒe agbalẽa ku ɖo.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe