INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbv nyati 60
  • Lododowo 17:17—“Xɔlɔ̃ Lɔ̃a Ame Ɣesiaɣi”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lododowo 17:17—“Xɔlɔ̃ Lɔ̃a Ame Ɣesiaɣi”
  • Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Lododowo 17:17 Fia
  • Nya Siwo Ƒo Xlã Lododowo 17:17
  • Lododowo 17:17 Ƒe Biblia Gɔmeɖeɖe Bubuwo
  • Ðe Wòle Be Maʋu Go Xɔ̃nye Ƒe Nu Gbegblẽ Wɔwɔa?
    Nyɔ!—2009
  • Mawu Le Kpewòm Be Nàva Nye Ye Xɔlɔ̃
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Nu Kae Nèsusu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
Kpɔ Bubuwo
Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe
ijwbv nyati 60

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Lododowo 17:17—“Xɔlɔ̃ Lɔ̃a Ame Ɣesiaɣi”

“Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

“Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17, Eʋegbe Biblia.

Nu Si Lododowo 17:17 Fia

Xɔlɔ̃ vavãwo nye ame siwo dzi míate ŋu aka ɖo ɣesiaɣi. Wowɔa nuteƒe eye wotsɔa ɖe le eme na ame vevietɔ le nɔnɔme sesẽwo me, abe ale si ko dadavi siwo dome le kplikplikpli wɔnɛ ene.

“Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi.” Nya sia agate ŋu afia be “xɔlɔ̃ ɖenɛ fiana ɣesiaɣi be yelɔ̃ ame.” Hebrigbe me nya si wozã na “lɔlɔ̃” le nya sia me bia nu geɖe wu ale si ame ase le eɖokui me ɖe ame bubu ŋu. Efia be ame madi eɖokui tɔ o, ke boŋ ato eƒe nuwɔnawo dzi aɖee afia ame bubu be yelɔ̃e. (1 Korintotɔwo 13:4-7) Xɔlɔ̃ siwo dome lɔlɔ̃ sia le la yia edzi kuna ɖe wo nɔewo ŋu ne nane dzɔ si ate ŋu ana wo dome naklã hã, ate ŋu anye masɔmasɔwo loo alo agbe me kuxiwo. Wolɔ̃na faa tsɔna kea wo nɔewo hã. (Lododowo 10:12) Xɔlɔ̃ vavã meʋãa ŋu nɔvia ne nuwo le nyonyom nɛ o, ke boŋ ekpɔa dzidzɔ kplii.—Romatɔwo 12:15.

‘Xɔlɔ̃ vavã nye ame nɔvi si wodzi ɖe xaxagbe ŋu.’ Ale si dadaviwo dome te ŋu nɔa kplikplikpli tae wogblɔ nya sia. Eya ta ne míedze agbagba ɖe sia ɖe be míanye xɔlɔ̃ vavã na ame aɖe si le nɔnɔme sesẽ me tom la, anɔ abe ale si nɔviwo wɔnɛ na wo nɔewo ene. Azɔ̃ hã, masɔmasɔ aɖeke megblẽa xɔlɔ̃ siawo dome o. Ðe masɔmasɔ mawo nana wogadea bubu wo nɔewo ŋu geɖe wu eye woƒe lɔlɔ̃ gasẽna ɖe edzi boŋ.

Nya Siwo Ƒo Xlã Lododowo 17:17

Nya siwo me nunya le siwo wogblɔ kpokploe ye le Lododowo ƒe agbalẽa me eye wonana nuxlẽlaa dea ŋugble. Fia Salomo ye ŋlɔ Biblia-gbalẽ sia ƒe akpa gãtɔ. Ale si wòɖo nyaawoe la sɔ kple ale si Hebri hakpanyaŋlɔlawo wɔnɛ. Mɔnu siwo wozãna ye nye be wogblɔa nya siwo ɖia wo nɔewo gake nyaa ƒe akpa evelia kɔa gbãtɔa me yia ŋgɔ. Kpɔɖeŋu ɖekae nye Lododowo 17:17; nya siwo le kpukpuia ƒe akpa evelia na akpa gbãtɔ me gakɔ ɖe edzi. Alo wogblɔa susu eve siwo toa vovo na wo nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 18:24: “Xɔlɔ̃ aɖewo li siwo gblẽa wo nɔewo dome, gake xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” Susu si dze le kpukpuia ƒe akpa evelia to vovo na esi dze le kpukpuia ƒe akpa gbãtɔ.

Esi Salomo nɔ Lododowo 17:17 ŋlɔm la, eƒe susu anya yi xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ fofoa David kple Yonatan si nye Fia Saul ƒe vi dome la dzi. (1 Samuel 13:16; 18:1; 19:1-3; 20:30-34, 41, 42; 23:16-18) Togbɔ be David kple Yonatan medo ƒome o hã, wo dome nɔ kplikplikpli wu nɔviwo. Yonatan de eƒe agbe afɔku me gɔ̃ hã ɖe exɔlɔ̃a ta.a

Yonatan kple David nɔ anyi ɖe agado aɖe nu. Yonatan le dzi dem ƒo na David eye David le to ɖom.

Lododowo 17:17 Ƒe Biblia Gɔmeɖeɖe Bubuwo

“Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi ke wodzi nɔviŋutsu hena hiãgbe.”—Agbenya La.

“Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi baa; ke nɔvi ya dzɔ be yeaxɔ na ame le xaxaɣi.”—Biblia La.

Kpɔ video kpui sia be nànya nu si ŋu Lododowo ƒe agbalẽa ku ɖo.

a Kpɔ nyati si nye ‘Woƒe Nu Lé Dzi Na Wo Nɔewo.’

Xlẽ Lododowo ta 17 le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me; zã eƒe nusɔsrɔ̃ Biblia si le yevugbe me. Ele bɔbɔe be nàxlẽ Biblia sia ase egɔme. Numeɖenyawo, mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii, nɔnɔmetatawo, videowo kple anyigbatatawo le eme. Biblia sia ƒe odio hã li.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe