Dzesidenya
^ [1] (memama 14) Nudzɔdzɔ geɖewo ɖi wo nɔewo le Yudatɔwo ƒe aboyomenɔnɔ ƒe 70 le Babilon kple nu si dzɔ ɖe Kristotɔwo dzi esime xɔsegbegbe do mo ɖa le Kristo hame gbãtɔa me vɔ megbe la me. Ke hã, mímate ŋu agblɔ be nyagblɔɖi ƒe kpɔɖeŋue Yudatɔwo ƒe aboyomenɔnɔa nye eye nua ŋutɔŋutɔ va eme ɖe Kristotɔwo dzi o. Míate ŋu akpɔe be aboyomenɔnɔ evea siaa ƒe didime to vovo. Eya ta mele be míasusu be nu siwo dzɔ ɖe Yudatɔwo dzi la nye kpɔɖeŋu eye míanɔ agbagba dzem be míakpɔ ale si wova eme ɖe Kristotɔ amesiaminawo dzi le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 1919 me la tsitotsito o.