Dzesidenya
^ [1] (memama 3) Le kuxi siwo ŋu mía nɔvi aɖewo mate ŋu awɔ naneke le o ta la, kpekpe aɖewo toa wo ŋu. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo ƒe lãme gblẽ vevie. Mía nɔvi siawo ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nya nu siwo me tom yewole, eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo dzem wole le esubɔsubɔ me ŋu ŋutɔ. Hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo na nɔvi siawo be woaɖo to kpekpea me nyawo to telefonkadodo dzi alo alée ɖe mɔ̃ dzi na wo.