Etenuŋɔŋlɔ
a Le ƒe 1844 me la, Britaniatɔ osɔfo E. B. Elliott he susu yi ƒe 1914 dzi be ate ŋu anye “azã adre” si le Daniel ta 4 la ƒe nuwuwu. Le ƒe 1849 me la, Robert Seeley si tso London hã ƒo nu tso nya la ŋu nenema ke. Joseph Seiss si tso United States fia asi ƒe 1914 le agbalẽ si me wòto le ƒe 1870 me be enye ƒe ɖedzesi aɖe le Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu me. Le ƒe 1875 me la, Nelson H. Barbour ŋlɔ ɖe eƒe magazine si nye Herald of the Morning me be ƒe 1914 ye nye ɣeyiɣi si Yesu yɔ be “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” la ƒe nuwuwu.—Luka 21:24.