Etenuŋɔŋlɔ
a Wotro Ŋɔŋlɔawo me nyawo be woatsɔ ado ŋusẽ se siae. Togbɔ be Biblia megblɔ alea o hã la, mawunyaŋununyala xɔŋkɔ Tertullian fia nu be esi wònye nyɔnue nye “nuvɔ̃ gbãtɔ kple ameƒomea ƒe fɔbubu tsoƒe . . . ta” la, ele be nyɔnuwo nanɔ tsatsam “abe Xawa ene anɔ konyi fam eye woatrɔ dzime.” Le nyateƒe me la, ete tɔ ɖe edzi be ele be nyɔnu siwo dze tugbe tso dzɔdzɔme la naɣla woƒe tugbedzedze gɔ̃ hã.—Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 5:12-14; Timoteo I, 2:13, 14.