Etenuŋɔŋlɔ
a Yehowa Ðasefowo bua woƒe gbeƒãɖeɖedɔa abe alesi apostolo Paulo bui ene—be enye nusi wɔwɔ hiã na Kristotɔ vavãwo. Paulo gblɔ be: “Ne megblɔ nyanyui fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe.” (Korintotɔwo I, 9:16) Ke hã la, gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔna nye lɔlɔ̃nu faa dɔ elabena wolɔ̃ faa be woazu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo, eye wonya agbanɔamedzi si kpe ɖe mɔnukpɔkpɔa ŋu.