Etenuŋɔŋlɔ
b New Scientist magazine ka nya ta be Europatɔwo ƒe sugar beet “si ƒe domenyiŋusẽ ŋu wotrɔ asi le be wòanɔ te ɖe gbewutike aɖe nu la va to domenyiŋusẽ bubu vɛ le eɖokui si si na wòte ŋu nɔ te ɖe atike bubu aɖe si womenɔ mɔ kpɔm na o nu.” Domenyiŋusẽ yeyea dzɔ esime beet ƒomevi bubu si ŋu wotrɔ asi le be wòanɔ te ɖe gbewutike bubu kura nu la va do go kple esia le eƒe seƒoɣi le manyamanya me. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo le vɔvɔ̃m be asitɔtrɔ le numiemiewo ŋu be gbewutikewo nagagblẽ nu le wo ŋu o la ŋudɔwɔwɔ geɖe awɔe be gbe vɔ̃ɖi aɖewo nava to siwo mase atike kura o.