Etenuŋɔŋlɔ
c Nya si me woɖe ŋkɔ sia tsoe nye nusi ŋu agbalẽnyalawo hea nya le. Le Hebrigbe me la, Mose gɔmee nye “Woɖee Doe; Woɖee tso Tsi Me.” Blemaŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus gblɔ be ŋkɔ Mose nye Egiptetɔwo ƒe nya eve ƒokpli si fia “tsi” kple “woɖee.” Egbea agbalẽnyala geɖe hã xɔe se nenema ke be Egiptegbee ŋkɔ Mose nye gake woxɔe se be anɔ eme be egɔmee nye “Viŋutsu.” Ke hã nyayɔyɔ kple Egipte ŋkɔ siwo sɔ kple “Mose” dzie numeɖeɖe sia nɔ te ɖo. Esi wònye ame aɖeke menya alesi woyɔa nuwoe ŋutɔŋutɔ le blema Hebrigbe alo Egiptegbe me o ta la, nususukpɔwo koe numeɖeɖe siawo nye.