Etenuŋɔŋlɔ
a Menye Yehowa Ðasefowoe kpa ŋkɔ “Yehowa” o. Woɖe Mawu ƒe ŋkɔa gɔme be “Yehowa” le gbe geɖewo me ƒe alafa geɖewoe nye esia, eye wo dometɔ aɖewoe nye Eŋlisigbe kple Germanygbe. Gake nublanuitɔe la, ame siwo ɖe Biblia gɔme le mía ŋɔli la dometɔ aɖewo tsɔ dzesideŋkɔwo, abe “Mawu” kple “Aƒetɔ” ene, ɖɔ li Mawu ƒe ŋkɔa, wònye bubumademade ame si gbɔ Biblia tso la ŋu.