Etenuŋɔŋlɔ
b Helatɔwo ƒe ɣletiviŋununyalawo xɔ ŋgɔ le nu siwo si axa etɔ̃ le la ƒe axawo kple woƒe dzogoewo bubu me. Moslemtɔwo ƒe agbalẽnyala gãwo zãa akɔntabubu ƒomevi sia tsɔ nyaa afi si lɔƒo Meka le. Moslemtɔwo trɔna ɖe Meka gome hafi doa gbe ɖa. Le woƒe kɔnyinyiwo nu la, ele be woaɖi ame kukuwo woadze ŋgɔ Meka gome eye woƒe lãtsolawo dzea ŋgɔ Meka gome hafi wua lãwo.