Etenuŋɔŋlɔ
a Le asi tɔtɔ edzi be Kristodukɔ xɔsegbela la ƒe nufiafiawo, kple kɔnuwo, kpakple nuwɔna dometɔ geɖe metso Kristotɔnyenye me o me la, ƒe alafa 19 lia me Roma Katoliko papatenɔla John Henry Newman ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Essay on the Development of Christian Doctrine me be: “Gbedoxɔwo zazã kple wo tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na ame kɔkɔe tɔxɛ aɖewo, kple alesi wotsɔa atilɔwo ɖoa atsyɔ̃e na wo ɣeaɖewoɣi; lifi, akaɖiwo, kple bosomikaɖiwo; adzɔgbeɖenuwo nana le hayahaya le dɔléle me vɔ megbe; tsi kɔkɔe; kɔkɔeƒewo; ŋkekenyuiewo kple azãwo, ŋkeke kɔkɔewo zazã, gbɔlɔlɔwo, agblewo yayra; osɔfowuwo dodo, takokoelulũ le kɔnu nu; srɔ̃ɖesigɛwo, tɔtrɔ dze ŋgɔ Ɣedzeƒe, legbawo zazã le ɣeyiɣi aɖe megbe, ɖewohĩ osɔfowo ƒe hadzidzi, kple Kyrie Eleison [ha si nye “Aƒetɔ, Kpɔ Nublanui”], la katã dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me, eye wokɔ wo ŋu to wo xɔxɔ ade Sɔlemeha la me dzi.”
Le esi teƒe be wòakɔ trɔ̃subɔsubɔ sia ŋu la, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la’ xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, . . . eye migaka asi nu makɔmakɔ la ŋuti o.”—Korintotɔwo II, 6:14-18.