Etenuŋɔŋlɔ
a Le kpɔɖeŋu me, Yorubatɔ siwo le Nigeria la xɔ edzi se be luʋɔ gagbugbɔ dzɔna. Eyata ne nyɔnu aɖe ƒe vi ku la, woxaa nu vevie gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe woxanɛ, elabena abe alesi Yoruba lododo aɖe gblɔe ene la: “Tsia ye ƒu gbe. Menye trea ye gbã o.” Yorubatɔwo ƒe nyagbɔgblɔ sia fia be tsikutre la si nye vinɔa agate ŋu adzi vi bubu ɖe eteƒe—ɖewohĩ amesi ku lae agagbugbɔ adzɔ. Yehowa Ðasefowo mewɔa kɔnu siwo wotu ɖe aʋatsodzixɔse siwo tso luʋɔ makumaku kple gbugbɔgadzɔ ƒe aʋatsonufiafiawo me, si dzi Biblia meda asi ɖo o la ƒe ɖeke o.—Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4, 20.