Etenuŋɔŋlɔ
a Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘exa nu’ la tso dɔwɔnya (em·bri·maʹo·mai) si fia vevesese alo nusi ʋã ame vevie la me. Bibliaŋutinunyala aɖe de dzesii be: “Nusi wòate ŋu afia le afisia koe nye be seselelãme deto sia na Yesu xa nu tso Eƒe dzi me.” Nya si gɔme woɖe be “ʋuʋu” la tso Helagbe me nya (ta·rasʹso) si fia tɔtɔ le ame ɖokui me la me. Nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be efia be “ame natɔtɔ le eɖokui me, . . . wòase veve helĩhelĩ alo axa nu vevie.” Nyagbɔgblɔ si nye “fa avi” la tso Helagbe me nya (da·kryʹo) si fia “be woafa aɖatsi, be woafa dzimevi” la me.