Etenuŋɔŋlɔ
b Yesaya ƒe nyawo ɖe alesi wowɔa atike na ame le eƒe ŋkekea mee fia. Biblia ŋuti numekula E. H. Plumptre gblɔ be: “Nusi wowɔna na abi si le vovom gbãe nye be ‘womianɛ’ alo ‘tea asi ɖe edzi’ be tsi nado le eme; azɔ abe alesi wowɔ na Xizkiya ene la (ta xxxviii. 21), wotsɔa abiblavɔ ‘blanɛ,’ eye wotsɔa ami si vena alo abiwutike ɖoa edzi, alo ate ŋu anye be wokɔa ami kple wein ɖe eme tsɔ klɔa abiae abe alesi wogblɔ le Luka x. 34 ene.”