Etenuŋɔŋlɔ
c C. F. Keil kple F. Delitzsch ƒe agbalẽ si nye Commentary on the Old Testament gblɔ be: “Esia nye nyagblɔɖila la ƒe nyaawo ƒe akpa aɖe ƒe nuwuwu. Dometsotso si wogblẽ ɖe kpukpui 9 kple 10 lia dome ɖee fia be woma nyaa me ɖe akpa eve le afisia. Nyawo ƒe akpa gã alo suewo mama le mɔ sia nu, eɖanye to dometsotso gbegblẽ ɖi loo alo be woasee ɖe fli aɖe dzi o, nye mɔnu si wozãna xoxoxo do ŋgɔ na [Hebrigbe me] dzesi siwo wozãna na ablɔɖegbeɖiɖiwo kple gbeɖɔɖɔdzesiwo, eye mɔnu nyanyɛ aɖe si wozãna tso blema ke dzie wotui ɖo.”