Etenuŋɔŋlɔ
a Yesaya 9:7–10:4 nye nya siwo le hatsotso ene siwo do ƒome kple wo nɔewo me (nya si woma ɖe akpa vovovo ene me ɖe ɖoɖo nu), eye ɖesiaɖe wu enu kple dzɔgbevɔ̃enya sia: “Ke to esiawo katã gbɔ hã eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.” (Yesaya 9:11, 16, 20; 10:4) Nyaŋɔŋlɔmɔnu sia ƒo Yesaya 9:7–10:4 nu ƒu wòzu “nya” ƒokpli ɖeka. (Yesaya 9:7) De dzesii hã be Yehowa ƒe “alɔ gale dzi ko,” menye be wòatsɔ aɖɔ wo kple woawo dome ɖo o, ke boŋ be wòadrɔ̃ ʋɔnu wo.—Yesaya 9:12.