Etenuŋɔŋlɔ
a Nya si woŋlɔ ɖe Yesaya 52:13 le Jonathan ben Uzziel (ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ.) ƒe Targum si gɔme J. F. Stenning ɖe me lae nye: “Kpɔ ɖa, nye dɔla, Amesiamina (alo, Mesia) la, akpɔ dzidzedze.” Nenema ke Babilontɔwo ƒe Talmud (ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. lɔƒo) gblɔ be: “Mesia la—eŋkɔ ɖe? . . . [; amesiwo] nye Rabi ƒemetɔwo [gblɔ be, Dɔnɔ la], elabena wogblɔ be ‘etsɔ míaƒe dɔlélewo vavã.’”—Sanhedrin 98b; Yesaya 53:4.