Etenuŋɔŋlɔ
c Wozã Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “wohe to na” la le anyidɔ gome hã. (Fiawo II, 15:5) Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be Yudatɔ aɖewo se Yesaya 53:4 gɔme be anyidɔ anɔ Mesia la ŋu. Babilontɔwo ƒe Talmud la tsɔ kpukpui sia ku ɖe Mesia la ŋu, eye wòyɔe be “agbalẽnyala anyidzela.” Woɖe kpukpui sia gɔme ɖe Katolikotɔwo ƒe Douay Version me wòsɔ kple Latingbe me Vulgate la me tɔ be: “Míebui abe anyidzela ene.”