Etenuŋɔŋlɔ
a Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso Mawu ƒe mo, ŋkuwo, towo, ŋɔti, nu, alɔ, kple afɔwo ŋu. (Psalmo 18:15; 27:8; 44:3; Yesaya 60:13; Mateo 4:4; 1 Petro 3:12) Mele be míabu kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ mawo be nenemae wole ŋutɔŋutɔ o, abe ale si ko mímebua Yehowa be enye “agakpe” alo “akpoxɔnu” le nyaa ŋutɔ nu o ene.—5 Mose 32:4; Psalmo 84:11.