Etenuŋɔŋlɔ
a “Ɣeyiɣi si me woaɖɔ nuwo katã ɖo” la dze egɔme esi woɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi eye wotsɔ nuteƒewɔla Fia David ƒe domenyila ɖo fiazikpuia dzi. Yehowa do ŋugbe na David be eƒe domenyila aɖe aɖu fia tegbetegbe. (Psalmo 89:35-37) Gake esi Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.Y. me vɔ la, amegbetɔ si nye David ƒe dzidzimevi meganɔ Mawu ƒe fiazikpuia dzi o. Yesu, ame si wodzi le anyigba dzi wònye David ƒe domenyila, ye va zu Fia si ŋugbe wodo tso gbe aɖe gbe ke esime woɖoe zi dzi le dziƒo.