Etenuŋɔŋlɔ
a Tsitretsiɖeŋula siawo dometɔ aɖewo nye “Ablɔɖexɔlawo Ƒe Ƒuƒoƒe” la me tɔwo. Anɔ eme be wonye ame siwo Romatɔwo lé va yi gake woɖe asi le wo ŋu, alo wonye kluvi siwo wona ablɔɖee, siwo trɔ dzi me va zu Yudatɔwo. Wo dometɔ aɖewo tso Kilikia, abe Saul ke ene. Nuŋlɔɖia megblɔe ne Saul hã nɔ Kilikiatɔ siwo mete ŋu nɔ te ɖe Stefano nu o dome o.