Etenuŋɔŋlɔ
g Tso ɣeyiɣi sia mea, wova nɔ Saul yɔm be Paulo. Ame aɖewo susui be etsɔ Roma ŋkɔ sia be yeatsɔ ade bubu Sergio Paulo ŋu. Gake Paulo ganɔ ŋkɔ sia zãm esi wòdzo le Kipro megbe gɔ̃ hã, si fia be eya ŋutɔ si nye “apostolo na dukɔwo” ye di be woanɔ Roma ŋkɔ sia yɔm na ye azɔ. Anɔ eme hã be anya trɔ ŋkɔa zu Paulo elabe ale si woyɔa Hebrigbe me ŋkɔ Saul le Helagbe mea ɖi ŋkɔ bubu aɖe si menye ŋkɔ nyui o.—Rom. 11:13.