Etenuŋɔŋlɔ
c Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be Naziritɔnyenye ƒe adzɔgbee ŋutsuawo ɖe. (4 Mose 6:1-21) Mose ƒe Se si nana woɖea adzɔgbe sia megale dɔ wɔm o. Ðewohĩ Paulo susui be megblẽ be ŋutsu siawo nawɔ ɖe adzɔgbe aɖe si woɖe na Yehowa dzi o. Eya ta ekpɔe be megblẽ be yeakplɔ wo ayi eye yeaxe woƒe nugblẽfewo o. Míenya adzɔgbe si tututu ŋutsuawo ɖe ya o. Gake zi geɖea, Naziritɔwo tsɔa lãwo saa vɔe be wòaklɔ yewoƒe nu vɔ̃wo ɖa. Ne nenemaea, míeka ɖe edzi be Paulo malɔ̃ be yeatsɔ lãwo asa vɔe o, elabe Yesu ƒe vɔsa debliboa wɔe be asixɔxɔ aɖeke megale lãwo ƒe vɔsawo ŋu o. Nu ka kee Paulo ɖawɔ o, míeka ɖe edzi be malɔ̃ awɔ naneke si aɖe fu na eƒe dzitsinya o.