Etenuŋɔŋlɔ
a Le ƒe 1932 me la, wogblɔ le agbalẽ si nye Vindication ƒe Babla Evelia me zi gbãtɔ be Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe ale si Mawu ƒe amewo agbɔ tso aboyo me ava wo de ŋu la va eme le egbeŋkekeawo hã me, menye ɖe dzɔdzɔme Israel dzi o, ke boŋ ɖe gbɔgbɔme Israel dzi. Nyagblɔɖi mawo ƒo nu tso tadedeagu dzadzɛa gbugbɔɖoanyi ŋu. March 1, 1999 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖe nu me be gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la nye nyagblɔɖi siawo dometɔ ɖeka, eya ta ele eme vam le ŋkeke mamlɛawo me le gbɔgbɔmegɔmesese vevi aɖe nu.