Etenuŋɔŋlɔ
d Biblia gaƒo nu tso ale si egbegbe “Asiriatɔ la,” ava dze Mawu ƒe amewo dzi eye wòadi be yeabu mo na wo la ŋu. (Mika 5:5) Mawu ƒe amewo dzi dzedze ene siwo ŋu nya wogblɔ ɖi, siwo nye Gog si tso Magog ƒe amedzidzedze, dziehefia ƒe amedzidzedze, anyigbadzifiawo ƒe amedzidzedze kple Asiriatɔ la ƒe amedzidzedze, ate ŋu afia amedzidzedze ɖeka si woyɔ ŋkɔ vovovowo na.