Etenuŋɔŋlɔ
a Gbetakpɔxɔ gblɔ nya sia si ɖe nugɔmesese geɖe fia kpɔ be: “Mele be míagblẽ agbe sia ɖe nu dzodzrowo ŋu o . . . Ne agbea katã koe nye esia la, ke naneke mele vevie o. Agbe sia ya ɖeko wòle abe bɔl si woda ɖe yame eye kasia ko ege dze anyi hã xoxo ene. Enye vɔvɔli si va yina kaba, seƒoƒo si yrɔna, gbe si ne wolãe ko eyrɔ xoxo. . . . Ne woda míaƒe agbenɔƒe le mavɔmavɔnyenye ƒe nudanu dzi la, ʋuʋudedi sue aɖe ŋutɔ koe wònye. Ne wodzidzee le ɣeyiɣi ƒe didime gome la, mede tsigege toŋ ɖeka hã ale o. Kakaɖedzitɔe la, [Salomo] tɔ dzɔ be esi wòto nu geɖe siwo nye amegbetɔ ƒe dzitsitsiwo kple dɔwɔnawo me vɔ wògblɔ be tofloko wonye. Mía nu va yina kaba ale gbegbe be ɖeko wòwɔna abe ɖe míedzɔ kpɔ ŋutɔ o ene, míenye ame biliɔn siwo vana gadzona dometɔ ɖeka, eye amesiwo nya be míenɔ anyi kpɔ la dzi nɔa ɖeɖem kpɔtɔ ɖaa. Menye dziɖeleameƒo alo blanuidoamenya alo dzikatsoƒoedonamenyae nukpɔsusu sia nye o. Nyateƒee, nudzɔdzɔ si nu womate ŋu asi le o, kple susu si sɔe wònye, ne agbea katã koe nye esia.”—August 1, 1957, axa 472.