Etenuŋɔŋlɔ
f Le alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe lododoa me la, Amegbetɔvi la va le eƒe ŋutikɔkɔe me le xaxa gã la ƒe ɣeyiɣi me eye wòbɔbɔ nɔ anyi be yeadrɔ̃ ʋɔnu. Kpekpeɖeŋu si amewo na Kristo nɔvi amesiaminawo alo wogbe wo nana dzie wònɔ te ɖo drɔ̃ ʋɔnua. Gɔmesese aɖeke manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe dzidzenu sia ŋu o ne ɖe wòanye be Kristo nɔviwo katã dzo le anyigba la dzi xoxo hafi ʋɔnudrɔ̃ɣia ɖo.—Mateo 25:31-46.