Etenuŋɔŋlɔ
a Le C. T. Russell ƒe ku megbe la, wota agbalẽ aɖe si wogblɔ be enye Studies in the Scriptures ƒe babla adrelia si me wodze agbagba le be woaɖe Xezekiel kple Nyaɖeɖefia gbalẽwo me. Wotu babla sia me nyawo ƒe akpa aɖewo ɖe nya siwo Russell gblɔ le Biblia-gbalẽ siawo ŋu va yi dzi. Gake ɣeyiɣi si me woaɖe nyagblɔɖi siawo ƒe gɔmesese ɖe go la mede haɖe o, eye míagblɔe gbadzaa be numeɖeɖe si wona le Studies in the Scriptures ƒe babla ma me la me mekɔ nyuie o. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, Yehowa ƒe amenuveve kpakple xexeame nudzɔdzɔwo na Kristotɔwo se nyagblɔɖigbalẽ mawo gɔme nyuie wu.