Etenuŋɔŋlɔ
a Womeɖea kpoawo le asigɛawo me ne woda Aɖaka la ɖe enɔƒe le avɔgbadɔa me gɔ̃ hã o. Edze ƒã be womagate ŋu atsɔ kpoawo awɔ nu bubu aɖeke o. Eye mele be woaka asi Aɖaka la hã ŋu o; ke ne woɖe kpoawo ɖa le asigɛawo me la, mɔzɔzɔ ɖesiaɖe abia be woaka asi Aɖaka kɔkɔea ŋu be woagagbugbɔ kpoawo ade asigɛawo me. Nya siwo le Mose IV, 4:6 si ku ɖe ‘kpoawo dede’ ŋu anya fia kpoawo dzɔdzɔ nyuie esi wole dzadzraɖo wɔm ɖe ʋuʋu ayi teƒe yeye aɖe ŋu.