Etenuŋɔŋlɔ
a La Sagrada Escritura—Texto y comentario por profesores de la Compañía de Jesús (Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo Kple Wo Ŋuti Numeɖeɖe si Yesu ƒe Habɔbɔa me Nufialagãwo Ta) ɖe nu me be “le Persiatɔwo, Mediatɔwo, kple Kaldeatɔwo gbɔ la, Nunyala Etɔ̃awo nye nunɔlawo ƒe ha aɖe si doa vivime nuwɔnawo, ɣletivimefakaka kple atikewɔwɔ ɖe ŋgɔ.” Gake kaka Titinaɣeyiɣiwo naɖo la, wova bua Nunyala siwo va kpɔ Yesu ɖa la be wonye ame kɔkɔewo heva yɔa wo be Melchior, Gaspar kple Balthasar. Wogblɔna be wodzra woƒe ƒuwo ɖo ɖe Cologne ƒe sɔlemexɔgã me le Germany.