INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO

Etenuŋɔŋlɔ

a Hafi tɔtrɔ kpata nava Russia le October 1917 me la, Russiatɔwo zãna Julius ƒe ɣletigbalẽ, gake dukɔ bubuwo dometɔ akpa gãtɔwo ya zãna Gregory ƒe ɣletigbalẽ. Le ƒe 1917 me la, Gregory ƒe ɣletigbalẽa tsɔ ŋkeke 13 nɔ ŋgɔ na Julius tɔa. Le tɔtrɔ kpata la megbe la, Soviettɔwo va dze Gregory ƒe ɣletigbalẽa zazã gɔme, si wɔe be Russia va nɔ ŋkekewo bum abe alesi wòle le xexeame ƒe akpa mamlɛawo ene. Ke hã, Orthodɔks Sɔlemeha ya gakpɔtɔ nɔ Julius ƒe ɣletigbalẽa zãm tsɔ nɔ eƒe azãwo ɖumee, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be “Atsyã Xoxoa” ƒe ɣletigbalẽ. Ðewohĩ èsee kpɔ be January 7 ye woɖuna Kristmas le Russia. Ke hã, nenɔ susu me na wò be January 7 le Gregory ɣletigbalẽa dzi ye nye December 25 le Julius tɔa dzi. Eyata, Russiatɔ geɖe wɔa ɖoɖo ɖe woƒe azãɖuɖua ŋu ale: December 25, woɖua Kristmas abe alesi wòle le Ɣetoɖoƒedukɔ bubuwo me ene; January 1, woɖua Ƒe Yeye; January 7, woɖua Orthodɔkstɔwo ƒe Kristmas; January 14, woɖua Atsyã Xoxoa ƒe Ƒe Yeye.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe