Etenuŋɔŋlɔ
a Agbalẽ si nye The Holy Bible, With an Explanatory and Critical Commentary, si me F. C. Cook to hafi wota, gblɔ tso nuwɔna sia le blemaɣeyiɣiwo me ŋu be: “Wotsɔa sika, klosalo, alo kpe xɔasi aɖe dana ɖe kplu si me woku tsi ɖo me, emegbe woléa ŋku ɖe woƒe dzedzeme ŋu; alo kpɔa tsia me abe alesi wokpɔa ahuhɔ̃e me ko ene.” Biblia me dzrola Christopher Wordsworth gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, wokua tsi ɖe kplua me heléa ŋku ɖe ɣe ƒe dzedzeme ŋu le tsia me tsɔ kaa afae.”