Etenuŋɔŋlɔ
a Blema Israel fia Dawid wɔ aʋa kple Yebusitɔwo hexɔ Zion-mɔ̃ la le wo si tsɔ ɖo eƒe fiadui. (Samuel II, 5:6, 7, 9) Etsɔ Aɖaka kɔkɔe la hã yi afimae. (Samuel II, 6:17) Esi wònye be Aɖaka la fiana be Yehowa le wo dome ta la, woyɔa Zion be Mawu ƒe nɔƒe, si na wòsɔ nyuie be wozãe tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na dziƒo.—Mose II, 25:22; Mose III, 16:2; Psalmo 9:12; Nyaɖeɖefia 11:19.