Etenuŋɔŋlɔ
c Ne dziɖuɖua mebia be srɔ̃ɖetamkanya aɖe koŋue woagblɔ o la, ekema esi dea bubu Mawu ŋu, si míezãna lae nye esi. Ŋugbetɔsrɔ̃a agblɔ be: “Nye [ŋutsua ƒe ŋkɔ] mexɔ wò [nyɔnua ƒe ŋkɔ] be nànye srɔ̃nye si meɖe, be malɔ̃ wò ahalé be na wò, abe alesi wòle Mawu ƒe se si le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me na Kristotɔ srɔ̃ŋutsuwo ene, zi alesi mí ame evea míanɔ anyi ɖekae le anyigba dzi le Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa nu.” Ŋugbetɔa agblɔ be: “Nye [nyɔnua ƒe ŋkɔ] mexɔ wò [ŋutsua ƒe ŋkɔ] be nànye srɔ̃nyeŋutsu si meɖe, be malɔ̃ wò ahalé be na wò, ahatsɔ bubu deto na wò, abe alesi wòle Mawu ƒe se si le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me na Kristotɔ srɔ̃nyɔnuwo ene, zi alesi mí ame evea míanɔ anyi ɖekae le anyigba dzi le Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa nu.”