Etenuŋɔŋlɔ
a Abe kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia ene la, Yudatɔwo ƒe gbedodoɖa sia hã bia be Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ. Togbɔ be ame aɖewo susu be wodoa gbe sia ɖa tso keke Kristo ƒe ŋkekea me ke alo do ŋgɔ nɛ, evɔ ame aɖewo meda asi ɖe nukpɔsusu sia dzi o, hã la, mele be wòawɔ nuku na mí be, gbedodoɖa eve siawo me nyawo ɖi wo nɔewo o. Menye nu yeye ye Yesu fia le gbedodoɖa sia me o. Nu siwo wòbia la dometɔ ɖe sia ɖe nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔ siwo nɔ Yudatɔwo katã si ɣemaɣi la dzi. Ðeko Yesu nɔ dzi dem ƒo na ehati Yudatɔwo be woado gbe ɖa abia nu siwo wòle be woanɔ biabiam xoxoxo la.