Etenuŋɔŋlɔ
b Zi geɖe la, gbewo daa ama ɖe Karmel Toa dzi, elabena ya si ƒona yia toa dzi la lɔa tsi tso atsiaƒua dzi, si wɔnɛ be tsi kple zãmu dzana le toa dzi edziedzi. Esi wònye wosusuna be Baal ye nana tsi dzana ta la, edze ƒãa be to sia nye teƒe vevi aɖe na Baal subɔlawo. Eya ta esɔ nyuie ŋutɔ be wotia Karmel To sia si dzi ƒu kplakplakpla la be woado ŋukpe Baal subɔsubɔ le afi ma be enye amefuflu ɖeɖe sɔŋ.