Etenuŋɔŋlɔ
a Kpukpui 44 kple 46 medze le Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo ŋu kakaɖedzi le wu la me o. Agbalẽnyalawo lɔ̃ ɖe edzi be, anɔ eme godoo be ɖe wova tsɔ mawunyakpukpui siawo kpee emegbe. Nufialagã Archibald T. Robertson ŋlɔ bena: “Mawunyakpukpui eve siawo medze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo kple nyuitɔwo me o. Wokpɔ wo tso Western kple Syrian (Byzantine) ƒe asinuŋɔŋlɔ hatsotsowo me. Wonye nya siwo le kpukpui 48 lia me la ƒe gbugbɔgblɔ ko. Le esia ta la, míeŋlɔ kpukpui 44 kple 46 siwo ŋu kakaɖedzi mele o la ɖe mía tɔa me o.”