Etenuŋɔŋlɔ
a Tamesusu ƒe nɔnɔme si le ame si gbɔe wòtsona be ame ɖua nu tsu, si nye tamesusu si dzi ŋukeklẽ alo didi be woaɖu nu fũu kpɔ ŋusẽ ɖo. Eya tae menye ame ƒe lolomee wokpɔna tsɔ nyana ne enye nu tsu ɖula o, ke boŋ nɔnɔme si wòɖena fiana ɖe nuɖuɖu ŋue ɖenɛ fiana. Ame aɖe ƒe lolome ate ŋu anɔ vedomesi, alo anɔ tsralɛɛ gɔ̃ hã, evɔ wòanye nu tsu ɖula. Gake le go aɖewo me la, ame ƒe lolo akpa ate ŋu atso dɔléle alo nu siwo ƒe dome wònyi tso edzilawo gbɔ le dzɔdzɔme nu la gbɔ. Nu vevi si ɖenɛ fiana be ame nye nu tsu ɖula, aleke kee amea ƒe lolome ɖale o, ye nye ale si gbegbe wòklẽa ŋu ɖe nuɖuɖu ŋui.—Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le November 1, 2004, ƒe Gbetakpɔxɔ me.