Etenuŋɔŋlɔ
a Mina míade dzesi vovototo si le nuŋlɔɖi sia kple esi ku ɖe mɔ aɖe si Maria zɔ va yi la dome. Wogblɔ be “Maria tso” eye wòyi ɖasrã Elisabet kpɔ. (Luka 1:39) Ɣemaɣi la, esi Maria nye Yosef ƒe ŋugbetɔ eye meɖee haɖe o ta la, manya bia mɔ le egbɔ hafi zɔ mɔ ma o. Esi Yosef kple Maria ɖe wo nɔewo vɔ la, nuŋlɔɖia gblɔ be Yosef ye wɔ ɖoɖo wo ame evea wozɔ mɔ sia, ke menye Maria ye o.