Etenuŋɔŋlɔ
a Nyateƒenya si wònye be Galileatɔe Yona nye la ɖe dzesi ŋutɔ, elabena Farisitɔwo gblɔ dadatɔe tso Yesu ŋu be: “Dzro eme, ekema àkpɔe be nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o.” (Yohanes 7:52) Gbegɔmeɖela kple numekula geɖe gblɔna be ɖeko Farisitɔwo nɔ nya la gblɔm gbadza ko be, nyagblɔɖila aɖeke metso Galilea kpɔ o, eye ɖeke hã matso du tsɛ ma me gbeɖe o. Nenye nenemae la, ekema ŋutsu mawo nɔ aɖaba ŋem ƒu ŋutinya kple nyagblɔɖiwo siaa dzi.—Yesaya 8:23; 9:1.