Etenuŋɔŋlɔ
c Woɖe Hebrigbe me nya si wozã na “ƒumelã” la gɔme ɖe Helagbe me be “ƒumelã klitsu,” alo “lã nyadri.” Togbɔ be míate ŋu ato mɔ aɖeke dzi anya lã si ƒomevi tututu ƒumelã gã ma nye o hã la, wogblɔ be agblolui aɖewo le Mediterranea Ƒua me siwo lolo ale gbegbe be woate ŋu ami ame blibo. Agblolui siwo lolo sãsãsã wu emawo la le teƒe bubuwo; eye wo dometɔ siwo woyɔna be bosogblolui la ƒe didime ate ŋu ade meta 15, alo awu nenema kura gɔ̃ hã!