Etenuŋɔŋlɔ
a Nyagbɔgblɔ sia ku ɖe nuwɔna si me woƒoa nu doa aŋgba tɔxɛ aɖe alo nuɖuɖu aɖe. Emegbe wotsɔa nu si dzi wowɔ nua ɖo la naa nyɔnuvia. Wogblɔna be aŋgba alo nuɖuɖua nana gbɔdɔdɔ ƒe lɔlɔ̃ nyɔna ɖe nyɔnuvia me ɖe ŋutsu aɖe ŋu. Nuwɔna sia to vovo na atike muame nana nyɔnuvi aɖe le eƒe manyamanya me ahadɔ kplii esi eya ŋutɔ medi hafi o. Le go evelia sia ya me la, nyɔnuvia meɖi fɔ o.