Etenuŋɔŋlɔ
a Le Israel viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte megbe la, wodi vevie be yewoage ɖe Kanaan nyigba si ŋugbe Mawu do na Abraham la dzi. Gake esi ŋkutsala ewoawo tsɔ nyatakaka vɔ̃wo gbɔe la, dukɔa li liʋiliʋi le Mose ŋu. Yehowa na wonɔ gbea dzi ƒe 40 sɔŋ, si wɔe be aglãdzelawo ƒe dzidzimea katã nu yi.